EƲE LODODOWO AKPA 2

Agama le ati dzi.

51. Afɔ meyia nugbe atagba tsia aƒe o.
52. Afɔ si kli nu la, eya dzie afɔfe dona le.
53. Afɔ vi kple eƒe tetee.
54. Afɔƒomedzɔbu be nɔvikpɔkpɔe nye nɔviwɔwɔ.
55. Afɔtude memua de o.
56. Aƒe eve me gbɔ̃ gbɔdome wòtsina.
57. Aƒefi ye tsɔa amenya yia gbefi gbɔ.
58. Aƒefie tsɔa ame na gbefi.
[Eya ta ame tsitsiwo doa lo be ne ŋuti le fiẽwòm la, wò ŋutɔ wò avɔ mee wòtso.]
59. Aƒekalẽ menye kalẽ o.
60. Aƒeyifɔ menye afɔ vɔ̃e o.
61. Afi aɖe ko ha sena.
62. Afi aɖe kpɔkpɔ nyo wu yamekpɔkpɔ.
63. Afi ɖu ke, ke mevɔna le eƒe ŋkume o.
64. Afi ɖu kpezee ŋɔa dzigoe.
65. Afi mekpɔa dadi ƒe golo me o.
66. Afi menɔa adadi ƒe fegome ganɔa agbenya hem o.
[Eya ta ne wò asi le ame aɖe ƒe nu me la mègazi kɔ ta nɛ o.]
67. Afi si ƒoɖiɖi le la, afi ma dzidzɔ kple nukoko tsoa aƒe ɖo.
68. Afi si ke wokɔ se ɖo la, afi mae wokɔa nu ɖonɛ.
69. Afi si nyo gbɔ̃ ŋue wòɖoa ɣi ɖo.
70. Afi si nyo gbɔ̃ ŋue wòɖoa ɣiƒee.
71. Afi si xɔnametɔ mele o la, ame meɖoa xaxa me o.
72. Agadzikese be ewɔ yewo kpɔ ta, tsi menɔa wuwum yewobena ɖe agblexɔ me o.
73. Agaga be yewɔ dɔ woƒle ago.
74. Agaga lolo meƒlea agaga eve ƒe nu o.
75. Agalã be, ne yele axadzi zɔm hã menye mɔe yebu o.
76. Agama be ne yemenya sisi o la, yeanya bebe.
77. Agama be yemaku ɖe ʋu dzi woayɔ ʋu ye manɔ eme o.
78. Agama be zɔzɔ ɖɔɖɔɖɔ hã nyo.
79. Agama be, kabakaba hã nyo, ɖɔɖɔɖɔ hã nyo.
80. Agama ku ɖe ʋu dzi, woyɔ ʋu, woyɔ agama.
81. Agamaƒoti meƒoa nyɔgbɔ o.
82. Agamagbalẽ sɔa ame sia ame.
83. Agbadɔmeti be yewo nɔewo ŋuti yewole.
84. Agbanatɔ mebiaa ɖedzi o.
85. Agbasrã be ne ele mumue wònya xatsana.
[Agbasrã kee wogayɔna be agbasrɛ, agbedze alo agbodzo.]
86. Agbasrɛ be nele mumue wònya xana.
87. Agbavitɔ meɖuna totonyanya o.
88. Agbe baɖaa metia agbetɔ o.
89. Agbe ɖɔe metia agbetɔ o.
90. Agbe metia agbe ɖuɖɔetɔ o.
91. Agbe nyaŋe metia agbetɔ o.
92. Agbe tso ame ɖo ƒe aglotutu meli o.
93. Agbedu la womesinɛ kodzoekodzoe o.
94. Agbeli be yevea ame nu gake yemexɔa akpe o.
[Wotsɔa agbeli wɔa nuɖuɖu geɖe wu bli. Gake zi geɖe bubu menɔa agbeli ŋu abe bli ene o. Esia ŋu wolé ŋku ɖo hegblɔ nya sia. Wogblɔa nya sia ne ame aɖe kpɔ be ame aɖeke medea dzesi yeƒe nyuiwɔwɔ o.]
95. Agbenɔnɔe nye tsidzadza kple kuɖiɖi; egbetɔ nyo, etsɔtɔ gblẽ.
96. Agbenɔŋu mesea kena o.
97. Agbenɔxevi metsia fu mato o.
98. Agbeŋgoe ƒe dɔ me ne ga meƒo o hã, zã ava do kokoko.
[Ne ga meƒo o hã, zã ya ado kokoko le Dzamayevu si woɖo megbeŋkɔ na be Agbeŋgoe la ƒe dɔwɔƒe. Lododo sia fia be nuwuwu li na nu sia nu.]
99. Agbitsa ɖiɖi kple eƒe ŋɔ.
100. Agblɔʋu meɖina dzro o nyadzɔdzɔ ŋue wòɖina ɖo.
[Agblɔʋu nye ʋugã si fiahawo ƒona tsɔ ɖea gbeƒã nyadzɔdzɔ veviwo.]

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top