EƲE LODODOWO AKPA 3

Agɔti aɖe si tse kplanyaa
Agɔbaya meƒoa nu dzro o

101. Agblɔʋu meɖina le fiaƒe me fia vi vɔ̃na o.
102. Agble si le nu wɔ ge la, xi mee wokpɔnɛ le.
103. Agble si to lã bu le la, agble ma toe wodia lãfɔ le.
104. Agblekotoku metsia agble woxaa nu o.
105. Agbletɔ xɔ nake mexɔa ka o.
106. Agbo be megbee avu le.
[Nenye be agbo kple etɔwo le kɔ dam la, ezɔna yia megbe, dea kɔ to abe tame bum wòle ene hafi zɔna sesĩe va daa dzo. Esia ŋue wolé ŋku ɖo hetsɔ bu abe siae. Esia le nu xlɔ̃m mí be edze be amegbetɔ nabu nu ŋu nyuie hafi awɔ.]
107. Agbo be megbee nye avu.
108. Agbo matsimatsi meɖoa kɔdza o.
109. Agbo medoa nyifɔkpa o.
110. Agbo menɔa nyiwo dome o.
111. Agbo ŋkuagbã mesia lãklẽ o.
112. Agboɖaze meɖaa nyi o.
113. Agbonyila medɔa akɔlɔ̃e o.
114. Agbotɛ vuvue be, “edzi koe míele.”
[Agbotɛ nye godui ƒomevi aɖe.]
115. Agɔ be yemeƒoa nu dzro o, Eʋeyae doa nuƒo na ye.
[Nenye be ya ɖo agɔʋala me la, edoa ɣli sesĩe ŋutɔ. Esia ŋue wolé ŋku ɖo kpa nya sia elabena ne ya mele ƒoƒom o la, agɔ zia ɖoɖoe toŋtoŋ. Esia nye nuxlɔ̃ame be ame sia ame dia nyuiwɔwɔ hafi. Ke nanewo ƒe fuɖename koe wɔa ame wòzua ame baɖa.]
116. Agɔ biã hẽ gake meɖaa ami o.
117. Agɔ biã, de biã, gake agɔ meɖaa ami o.
118. Agɔ meƒoa nu dzro o.
119. Agɔ menɔa anyi kpoo ƒoa ya o.
120. Agɔbaya mefoa nu dzro o.
121. Agutɔ tatrogbo meɖɔa loglo o.
[Loglo nye kuku tɔxɛ aɖe.]
122. Aha meléa dzo, tre hã galéa dzo o.
123. Ahɔnɛ gblɔ be, “hoe nye aha.”
[Wofɔ esia tso ahɔnɛ ƒe xɔxlɔ̃ me. Efia nu tso beléle na nu kple sidzedze ame ɖokui ŋu. Ne èkpɔ ame aɖe wòle ha dzem fũu alo le nuwo me ɖom gbodogbodo la, mègatso ko wò hã nàdze eme o. Kpɔ wò goto.]
124. Ahiãdzegbe ahiã vivina, takutsogbe adã ɖo eme.
125. Ahlɔ̃e be mele lolo me o, ke boŋ tsi vivi me wòle.
126. Ahlɔ̃e be, ave ɖeka me nɔnɔ hã ku le eme.
127. Ahlɔ̃e eve ate ŋu aƒo sãde ɖeka.
128. Ahlɔ̃e medoa nyifɔkpa o.
129. Ahũhɔ̃e menɔa ame si wokpɔa mo le tsi me o.
130. Akaɖi menɔa ame si wozɔa viviti me o.
131. Akagã lédɔ megbea akɔli o.
132. Akagã mewɔa tatotoetike na ame o.
133. Akɔnta nyui ɖea ama ame.
[Akɔnta alo nyametsotso.]
134. Akɔta gbadzaa melɔa halãkɔ o.
135. Aklɔboe be ne ŋu ke ŋdi la, Mawu yeyɔna hafi ɖua nu.
[Aklɔboe si wogayɔna be patipre la fɔna le fɔŋli ke, dzia ha, dzona yia dzi hewua mo dzi. Wɔna sia yia edzi ɣeyiɣi didi aɖe hafi ŋu va kena ɖena le eme eye patipre dia nu ɖuna le ɖoɖoezizi me. Wokpɔ wɔna sia xɔ se be gbe aklɔboe nɔa dodom ɖa na Mawu do ŋgɔ na eƒe nuɖuɖu eye wokpa nya sia de nu nɛ. Enye nuxlɔ̃ame be amegbetɔ nanye akpedala na Mawu kple ehavi amegbetɔ.]
136. Akloloe nɔ dɔ me nyo wu voɖoɖo.
[Elabena ne akloloe alo akplolui ɖe gbe akloloetɔ koe asee, gake vo ya meɣlaa eɖokui o.]
137. Ako be, nemeɖi ʋu o hã, kpɔ yefe bleme ɖa.
138. Ako mekpɔa avese ƒe dzodzo be yeadzo o.
139. Akpa be kae yedzi, kae yetu?
140. Akpa be nuvie sɔna hafi xa nya ɖona.
141. Akpa klika mewua lo o; lo ŋutɔ dzɔ kple eƒe akpa.
142. Akpa le tɔ me gake menya tsi ƒe vevienyenye o.
143. Akpakpae gblɔ be, “hũu, nya le dɔ me.”
144. Akpakpae gblɔna be, “Ame geɖewo yi ketume.”
[Wofɔ esia tso akpakpa ƒe xɔxlɔ̃ me. Nenye be ɖoɖoe zi toŋtoŋ nenema le zã me la, ɣemaɣie akpakpa ya dea asi xɔxlɔ̃ me alea henana be ku ƒe nublanui kple vɔvɔ̃ yɔa ame ƒe dzi me eye wogblɔna be, nyateƒee, ame vavãwoe anyi sia ɖu vavã. Esia nye nuxlɔ̃ame be nu ka kokoko nènye kple teƒe kɔkɔ ka kee nàɖo le agbe me o, nàɖo ŋkui be ame vavãwo nɔ anyi kpɔ wu wò siwo katã zu anyigba ƒe lã; esia ko dzɔm wò hã nèle eya ta mègakɔ ɖokuiwò dzi boo akpa o.]
145. Akpasesẽ mexɔa nu le asilã si o.
[Asilã nye lãklẽ alo kpɔ̃.]
146. Akpɔkplɔ mekea ɖi nyi o.
147. Akplɔ nuɖekɛ menɔa ame si wotsɔ toa lo ƒe dzimee o.
148. Akplẽ gã loto mexɔa vi le vinɔ si o!
149. Akplẽtsia trɔ zu lelea.
150. Akpo be yeda ade, gake yemekpɔ ŋditɔ hafi yava kpɔ fiẽtɔ o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top