EƲE LODODOWO AKPA 4

Agbeli si woho le agble me.
Akute dzekpolo metsoa ɖaɖa gbɔ o.

151. Akute dzekpolo metsoa ɖaɖa gbɔ o.
152. Alɔ ŋutie ɣlidodo li ɖo eye agbleze kple eƒe nugbae zɔna.
153. Alẽ gbɔ nya metsɔ gbɔ̃ gbɔ o.
154. Alẽ nye mitsi be yele gbɔ me gblẽm hã, eya ŋutɔ ƒe blenu koe ƒo bekee.
155. Alẽ nye mitsi be yele gbɔ me gblẽm, gake eƒe asike nu sa kɔ.
156. Ale si ati aɖe le la, nenemae eƒe kutsetse nɔna.
157. Ale si laklẽ vuvua nui la, ne adela be yeaɖii la, makoe o.
158. Alegeli be edzɔ ɖe megbeawo dzi.
159. Alegeli be edzɔ ɖe megbetɔ dzi, yegblɔe na asike be nenɔ ŋgɔgbe wògbe.
[Zi geɖe ne wole alegeli kum le do me eye wova ke ɖe eŋu la, etrɔa asike dona ɖa. Ɣeaɖewoɣi kura la, edoa ʋɔ gblẽa asike ɖe egodo. Ne wolé asikea la, alegeli metrɔa ŋgɔ dzea futɔa be yeaʋli ye ɖokui ta o. Ɖeko wòvuna ɖe ʋego ŋu sesĩe nɔa eɖokui hem abe ɖe wòdi be asikea natsi amea si yeadzo ene. Afi alo adɔ ya tea ŋu lãa asikea ɖe amea si me dzona gɔ̃. Esiae amewo kpɔ hetsɔ kpa abebubu sia hede kisi nu. Abebubu sia sɔ ɖe lododo sia nu be ƒleasimadzo la, adzoe tsonɛ. Eya ta ne ame aɖe do le etɔwo dome teti ko dzɔgbevɔ̃e ge dze megbesiawo dome la, egblɔa kisi ƒe nya sia.]
160. Alegeli be ekpo ɖe megbetɔwo dzi.
161. Alegeli be nu si le dzɔdzɔm le kɔ me la nenye gli mee la ɖeke masusɔ o, gli amu.
162. Amadotɔ metsia eɖokui o.
163. Amamelã mebuna ɖe aɖe o.
164. Ame aɖe wu ame aɖe.
[Elabena afi si ame aɖe ƒe nunya kɔ se ɖo la, afi mae ame aɖe tɔ dze egɔme tso.]
165. Ame aɖeke medea deku eve alɔme vɔ galɔa akui o.
166. Ame aɖeke medzea abi tsɔ ɣlana ɖe eƒe tsileze o.
167. Ame aɖeke meɖoa vo tsɔ ɣlana ɖe tsilekolo o.
168. Ame aɖeke mekpɔa tsi ƒe ɖoɖo tsɔa zemetsi la ƒua gbe o.
169. Ame aɖeke menya etsɔ me o.
170. Ame bubu ƒe agbledɔwɔvɔ wometsɔnɛ nɔa aƒe o.
171. Ame dzɔ na ku dzɔ na agbe.
172. Ame ɖeka meɖia ƒo le du me gblɔna be ye dedu nyo o.
[Ame ɖeka meɖia ƒo be du nyo o.]
173. Ame ɖeka menɔa kɔƒe sia du o.
174. Ame ɖeka meyia mɔlusiƒe, vɔ dzona dzo o.
[Ne ame ɖeka va agble le mɔlu sim la, ema ɖeɖe mate ŋu ana be vɔ si nye nudzodzoe aɖe la nadzo adzo o.]
175. Ame ɖigbɔ̃e ɖia gbɔ̃ nɔvia.
176. Ame eve metsia bo me o.
177. Ame ƒe gbinue wokpɔna hafi mina agɔku.
178. Ame gbagbe ƒe ŋɔli menɔa ame ŋuti wovona o.
179. Ame kuku ƒotrɔ̃ megbea yɔmeyiyi o.
180. Ame manɔafe ƒe zemee woɖaa agbota le.
181. Ame manɔaƒe ƒe zemee woɖaa data le.
182. Ame mekpɔa egbe be yekpɔ etsɔ o.
183. Ame menɔa yame o.
184. Ame nɔŋu menya nyɔna o.
185. Ame nɔsɔdzi megbea afɔkpadodo o.
186. Ame nɔvi menɔa yɔku dzi woɖua gbogboa o.
187. Ame nɔvi menɔa yɔkuti dzi woɖua yɔku gbogbo o.
188. Ame ŋutɔ ƒe aba vuvu media nya na ame o.
[Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be wòana nu si le esi la nadze eŋu ke menye be wòanɔ ŋu biãm nu si menye etɔ o. Egafia hã be amegbetɔ nanɔ agbe tsɛ.]
189. Ame ŋutɔ ƒe golomehɛ ye si na ame.
190. Ame ŋutɔe nyaa eƒe amidolo tata.
191. Ame ŋutɔe nyaa eƒe avɔ vuvu tata.
192. Ame si mekpɔ naneke teƒe kpɔ o lae tsɔa kpo ɖe afi ŋuti be yele kalẽ wɔm.
193. Ame si nya kukuɖeɖe la, nya mewunɛ o.
194. Ame si si nuɖulawo mele o lae ƒoa adegbe le eƒe bliva ƒe lolo ŋuti.
195. Ame tre kukua ŋgɔgbedodoe.
196. Ame tsibome ye dzea anyi le kɔ ɖeka dzi zi eve.
[Ame tsibome alo ame lɛ̃. Ele na amegbetɔ be wòasrɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me ale be wòagaɖe mɔ nu mawo ke nadzɔ ɖe edzi o.]
197. Ame tsitsi meyɔa mo o, meƒi wòyɔna.
198. Ame tsitsiwo gblɔ be ne tsi medza o hã la tsileƒe fana.
[Nenema kee ne yɔkuti metse o hã venɔviwo ɖua nu.]
199. Ame tso agble gbɔ medoa ha ɖa o.
200. Amee nɔa ame ŋuti hafi wonyea zami.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top