EƲE LODODOWO AKPA 7

Dadi aɖe si le alɔ̃ dɔm
Dadi ƒoakae ɖua afi kuku

301. Be mevɔna le beto me o.
302. Bedzo akɔme, akɔme wokanɛ vanɛ.
303. Bliku ƒe nya medzɔna le koklowo de o.
304. Bometsilae ɖua ɣe le wlɔ me.
305. Bototi megbea yaƒoƒo o.
306. Da si tsana la kple eƒe kpoe doa go.
307. Da si tsana la kple kpoe doa go.
308. Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.
309. Dadi be detsikuku dzroa ye hafi, ke detsikutsi lae mele ye si o, esia tae wònye lã ko yetsɔna.
[Dadi fɔa lã le detsi me ale si dze. Ke egblẽa detsitsia ɖi godoo. Esia dzena abe ɖe medi be yeano detsia ya o ene, gake kpao, eƒe asie le nogoe mate ŋu aku detsia ano o. Esia nye nuxɔxlɔ̃ be amegbetɔwo nanya be nu nyui geɖe wɔwɔ dzroa ame dahewo hã hafi ewɔƒe mele wo ŋu o. Esiae nana míezua dzemelã na nunɔsitɔwo.]
310. Dadi be nu siwo yea yekpɔna hezia kpi la, eƒe afã ko avu ya kpɔna ko nɔa ɣli dzi bobobo.
[Dadi nɔa anyi kpoo ɣesiaɣi, dea ŋku adzame nɔa nu kpɔm. Ebèna ɖe teƒe veviwo be wòate ŋu akpɔ nu sia nu. Enɔa gli ta sea atsu kple asi ƒe dalĩdodo. Ke avu ya la, kaka ya naƒo alɔ gbe yii edo aƒã lelele. Esia nye nuxɔxlɔ̃ ame tso nuƒoƒo fũu akpa ŋu. Medze be amegbetɔ naƒo nu kabakaba o. Edze be amegbetɔ nadzra nya geɖe ɖo ɖe dɔ me hafi ate ŋu anye nunyala.]
311. Dadi be xɔtɔ ƒe mo yekpɔna hafi gena ɖe xɔa me.
[Zi geɖe nenye be dadi be yeage ɖe xɔ aɖe me la, metsona ko gena ɖe eme o. Etɔna, nɔa xɔxlɔ̃m nɔa ŋku lém ɖe ame ƒe ŋkume tututu ɣeyiɣi didi aɖe hafi gena ɖi. Nenye be ekpɔ be amea le ye zrɔ̃m la, etrɔna kpoo elabena dadi melɔ̃a ƒoƒo abe gbɔ̃ ene o. Esia nye nuxɔxlɔ̃ na amegbetɔ be wòalé ŋku ɖe ame ƒe nuwɔna ŋu hafi adi be yeate ɖe eŋu be wòagado kplamatsɛe o.]
312. Dadi ƒe vokua, afi mate ŋu akpɔe o.
313. Dadi ƒoakae ɖua afi kuku.
[Dadi ƒòaka gɔmee nye dadi kuviatɔ.]
314. Dadi hã nyea mi xea ke ɖe edzi.
315. Dadi lae li, ye mo ʋuguia hã li.
316. Dadi menɔa kevi me wodoa asi ɖe eŋuti o.
317. Dadi metsaa kalãmisi o.
318. Dadi muaha meŋlɔ afiléle be o.
319. Dadivi la afivie wòléna.
320. Dɔ bu meɖua nu dɔ bu dɔa atsi o.
321. Dɔ mewua ame woɖua nu kple alɔ eve o.
322. Dɔ mewua ame woɖua nu kple asi eve o.
323. Dɔ mewua ame wotɔa dzo teva o.
324. Dɔ mewua ame wotɔa dzo texɔ o.
325. Dɔdɔameɖokuitɔ meyɔa mo o.
326. Ðɔɖɔɖɔ woɖaa kpe wòbina.
327. Ðɔɖɔɖɔ woɖaa kpe, kpe bina.
328. Dɔgbetɔ meɖua ŋɔkunɔtɔ ƒe nu o.
329. Dɔmenyo la tsi tsatsae, ɖe wowɔnɛ ƒua gbe wògatsana va tua ame.
330. De alafakpazɔli kple ɖeka wosɔ.
331. De tsitsi mee aha nɔna.
332. Ðe wònye ɖee tɔsisi kpɔa avuléla la, ne maɖo aga o.
333. Ðe wònye tetitsogbee woɖua te la, ne gbɔ̃ maɖu tetsro o.
334. Deglefetsu meziaa aɖoɖo ka o.
[Lododo sia nye nufiame be míawɔ nu aduadu alo le ɖekawɔwɔ me.]
335. Ðeklemiɖelae sea nya me.
336. Dekpalakɛe gblɔ na deɖɔ be yewoe tu aglo kpɔ le afi si wòle eya ta megako ye o.
337. Deku vɔ̃ ɖekae gblẽa detsi.
338. Deku vovo ɖekae gblẽa detsi.
339. Deta si ŋu defɔ̃wo mele o ye nya sina na desila.
340. Detsi vivie hea zikpui va kplɔ̃ ŋu.
341. Detsi vivie hea zikpui.
342. Detsyɔ̃evi meɖia ŋdiƒo dzi dzɔnɛ o.
343. Detumakpali be yetre (yetu) ɖoɖo na de.
[Detumakpali nye dedzedze fẽ si ŋuti dekuwo va wɔna ɖo emegbe. Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be nuteƒekpɔkpɔ le vevie. Ame kpɔnuteƒewo ate ŋu aɖo aɖaŋu tso ame ƒe zɔzɔme ŋuti. Eye ame kpɔnuteƒe siawo dze na bubu.]
344. Detumakpali be yetu ɖoɖo na de.
[Detumakpali nye dedzedze fẽ si ŋuti dekuwo va wɔna ɖo emegbe. Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be nuteƒekpɔkpɔ le vevie. Ame kpɔnuteƒewo ate ŋu aɖo aɖaŋu tso ame ƒe zɔzɔme ŋuti. Eye ame kpɔnuteƒe siawo dze na bubu.]
345. Devi ɖɔ ame tsitsi kuku eƒe ta ɖe wòbuna ɖe eme.
346. Devi gbã abɔbɔgo megbãa klogo o.
[Lododo sia fia be amegbetɔ hiã kpekpeɖeŋu le nanewo wɔwɔ me.]
347. Devi ka akplẽ gã mekaa nya gã o.
348. Ðevi mekaa nya gã o, akplẽ gã wòkana.
349. Ðevi tagãtɔ menyaa nu wu ame tsitsi tavitɔ o.
350. Do kpɔɖi ye afi ɖona.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top