EƲE LODODOWO AKPA 20

Wotɔ dzo gbe wòle bibim vevie
Wometɔa dzo gbe tso gafana na agama o

951. Womedoa dzo yeye dea abɔbɔ eme o.
952. Womedzea xɔlɔ̃ kpɔ̃ tso gafaa lãkonyi o.
953. Womeɖea akɔ eve na lã ɖeka o.
954. Womeɖoa sisi gadɔa alɔ̃ o.
955. Womeɖoa vo tsɔ ɣlana ɖe tsileze o.
956. Womefiaa texɔ xoxo teƒe vi o.
957. Womekpɔa egbe ƒe nyonyo le etsɔ ŋu o.
958. Womekpɔa tsiɖoɖo kpaa zemetsi ƒua gbe o.
959. Womekpɔa tsiɖoɖo trɔa zɔmetɔ ƒua gbe o.
960. Womekpɔa tsiɖoɖo tsɔa xɔmetɔ ƒua gbe o.
961. Womelĩa afi ŋu le kɔ gbɔ o, ne tɔgbuia mele eme o hã, viawo le eme.
962. Womelĩa afi ŋu le kɔ gbɔ o.
963. Womenɔa tɔ me nɔa lo ƒe nu dzum o.
964. Womenyaa agaŋuxe léna o.
965. Womenyaa ame ƒe avɔ ƒoɖiwo le dutoƒo o.
966. Womesena be hãa ko wonɔa du dzi o.
967. Womesena be hawo yina, woyina o.
968. Wometɔa asi ame bubu ƒe akɔta o.
969. Wometɔa dzo gbe tso gafana na agama o.
970. Wometsɔa anyidzeƒe wɔa anyimlɔƒe o.
971. Wometsɔa miasi fia ame de o.
972. Wometsɔa ŋukpe mia delã le ame lɔ̃xo gbɔ o.
973. Wometsɔa ŋukpe noa gbe le aha me o.
974. Wometsɔa tetakpui daa gbɔ̃ o.
975. Wometsoa agble gbɔna va doa ha ɖa o.
976. Womexana ɖe ku ta gbea alɔ̃dɔdɔ o.
977. Womeyɔa dzikudzikuinɔ be konɔ o.
978. Womeyia ŋudɔƒe tso ganɔa vemehɛ dzim o.
979. Xakui ɖeka meƒoa adzɔ̃e o.
980. Xɔdrɔ̃ meɖua dzodzoʋu o.
981. Xɔmefie tsɔa ame na gbefi.
982. Xɔŋunui megbãa gli o.
[Xɔŋunui alo xɔmenyatri si wogayɔna be xɔŋini.]
983. Xe bidzi medzona kple atɔ o.
984. Xe ƒonu meƒoa tɔmelo o.
985. Xe ƒonu mesea “Tsɔ da ɖi” o.
986. Xe matsimatsi mexlɔ̃na zã o.
987. Xe wɔadã meƒoa vi le vi tɔ ŋgɔ o.
988. Xegbee xe dona.
989. Xexeme agamagbalẽe, ɖe wòtrɔna.
990. Xexeme la agamagbalẽe.
991. Xexeme le megbe le ŋgɔ.
992. Xli gidii mewua ablɔmeti o.
993. Xoxoawo nu wogbea yeyeawo ɖo.
994. Ya manyomanyo gbɔgbɔ ɖe wòƒoa ka ame ƒe lãme.
995. Ya si le kpewo tem la menye kevi gbɔ nu o.
996. Yatsie fiaa xɔ nu ame.
[Le blema hafi woatu xɔ la ɖe wokpɔna be afi kae yatsi tsona mahã, eya nue woɖea xɔ mɔnu le ale be yatsi nagage ɖe xɔ me na ame o.]
997. Yatsie fiaa xɔnuɖeƒe ame.
[Le blema hafi woatu xɔ la ɖe wokpɔna be afi kae yatsi tsona mahã, eyae nue woɖea xɔ mɔnu le ale be yatsi nagage ɖe xɔ me na ame o.]
998. Yɔyɔ gblẽa nu.
999. Yeaku, yeaku mesena tsia agbe o.
1000. Yealee, yealee, ɖe wòtsia ɖi ame.
1001. Yeewu le megbe na wò.
1002. Yiɖa mabu woabia akagã o.
[Yiɖa kee wogayɔna be aya si wotsɔ vua ɖa.]
1003. Yikpo xoxo be yewɔ dɔ wotsɔ ƒle dzadzakɔsuwoe.
1004. Yiyi be seŋɔeseŋɔe nyea ŋɔ.
1005. Yiyi be yegblɔ nya yemeyɔ ame ŋkɔ o, eya ta yemexɔa ha o.
1006. Yoo medidia nya o.
1007. Yowuyowu dee womona Ata.
1008. Zã dona hã ʋu muna.
1009. Zãtsi meƒoa ame zi eve o.
1010. Zɔmelo be yenya bublu gake zɔgbɔviawo tae.
1011. Zɔmelo be yenya bublu gake zɔgbɔviwo ta yezi diŋ.
[Yezi diŋ gɔmee nye yezi ɖoɖoe.]
1012. Ze vɔ̃ be yeɖa nu te tsi.
1013. Zego yibɔ me ye akatsa ɣi la do go tso.
1014. Zeye mekpɔa zekla kona o.
[Zeye fia ze yeye, eye zekla hã fia ze gbagbã.]
1015. Zi gã menye fia o.
1016. Zikpui be yemegblɔna be ye dzi nɔla nye ŋɔ wòkea ɖi le eŋu o.
1017. Zikpui megblɔna be wonye ŋɔ wokea ɖi o.
1018. Zu mekpea zutɔ o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top