EƲE LODODOWO AKPA 5

Atadi ɖiɖi siwo nya kpɔ ŋutɔ
Atadi memaa aɖe o

201. Amedzro medzea ŋgɔ na nuɖugbatsɔla o.
202. Amedzro mehihana dzro o.
[Mehihana o gɔmee nye mexaa ko o. Ne menye dɔe le ewum o la, ekema alɔ̃e le etsɔm alo ele aƒe susum.]
203. Amedzro mekoa dulã o.
204. Amedzro metsɔa ame kuku ƒe tagbɔ o.
205. Amedzro ŋkugã mekpɔa nu wu aƒetɔ o.
206. Amedzro ŋkugã menyaa xɔdomemɔ o.
207. Amee nɔa ame ŋu wonyea zãmi.
208. Amegã kuŋɔa, kpoe tsɔa zi nɛ.
209. Amegãxi be duƒuƒu le ye dzrom xoxo hafi wobe ye lɔ̃xo ƒe gbɔ̃ tso ka.
210. Amegãxoxoa aba blave vuvue.
211. Amegblẽla medoa ame ƒe gbe o.
[Amegblẽla gɔmee nye ameŋutigblẽla.]
212. Amekpɔkpɔe nye amelɔlɔ̃.
213. Amenuvela mesea futɔ zuzu o.
214. Amenyewo zu dzinake, eye asinye magatsɔ wo gbeɖegbeɖe o.
215. Ameŋuzɔla zikpui gɔme wònɔna.
[Eya ta ame tsitsiwo doa lo be ne ŋuti le fiẽwòm la, wò ŋutɔ wò avɔ mee wòtso. Aƒefie tsɔa ame na gbefi. Ame ŋutɔ ƒe aƒemetɔwoe nyea eƒe futɔwo.]
216. Ami mevɔna le agalãgo me o.
217. Anyi ɖoɖefiatiŋuti ɖeɖe meli o.
218. Anyidi be vivivi wotsɔnɛ wòdea do gbɔ.
219. Anyigba afɔ ade la koe nye eƒe fiasã me.
220. Anyigba sesẽ gake agama ɖoa afɔ anyi blewuu.
221. Anyigba si di be yeakpɔ ame ƒe ama me la eya dzie woɖona hafi afɔdzi toa ame.
222. Anyimlɔƒenɔla medzea anyi o.
[Klodzela mexea agɔdzefe o. Efia be ame si lɔ̃ ɖe eƒe agɔdzedze dzi la, wokpɔa nublanui nɛ. Enye aɖaŋuɖoɖo na ame si dze agɔ la be wòabɔbɔ eɖokui.]
223. Aŋlɔnɔla meyɔna na aʋa o.
224. Asi ɖeka meléa todzo o.
225. Asi eve mekpaa abobo o.
226. Asi kple nu mewɔa dzre; ƒodo atsi dɔ.
227. Asi meɖina gbe dzro gbe o, asiɖigbee asi ɖina.
228. Asi tu nyedee metua agɔɖɔ o.
229. Asi vi megblẽa asi gã ŋuti o.
230. Asi vi meklɔa asi gã o.
231. Asinaƒee wokpɔa miatɔ le.
232. Asitɔakɔ metsia akɔta o.
233. Atadi memaa aɖe o.
234. Atadi vena gake atadiŋgba mevena o.
235. Ataklo madami ƒe dɔmevie nye gbamido.
236. Atakloe be yemeda ami o, gake yeƒe dɔmevie nye gbamido.
237. Atamkadzinu mesea dodo o.
238. Atamkaɣleti mesea dzi dzena o.
239. Atɔe be ne yemenyo o hã, dzosagbe yeanyo.
240. Atɔe be yewoneda ʋeʋẽnya ɖi ne yewoagblɔ finya o.
241. Ati ɖeka mewɔa ave o.
242. Ati ƒuƒu si le mɔ to la wometsɔnɛ o.
243. Ati ƒuƒu si tsi mɔ to la, nya le eŋu.
244. Ati gã ɖeka mewɔa ave o.
245. Ati gɔglɔ̃ dzi wonɔna hafi tsoa dzɔdzɔetɔ.
246. Ati kese meyɔa xe o; xe la ŋutɔ gbɔna ɖaa.
[Ati si ƒo se meyɔa xe o, xewo adze seƒoƒoawo yome ava.]
247. Ati manya ƒe ku ɖuɖu la ɖukuɖukuɖuɖue.
248. Ati nyaɖia ƒe kee wokuna zã.
249. Ati si ɖo mumu lae doa go ɖe ya nu.
[Eya ta menye nyawo katãe dzɔna tso teƒe siwo míebu la o.]
250. Ati si ƒo se la, eya dzie xeviwo nɔna.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top