EƲE LODODOWO AKPA 6

Tegli aɖewo le gbe me

251. Ati si gbe aɖiba la eyae ƒoa aɖibati.
252. Ati si le ame sie wotsɔ ƒoa dae.
253. Atiglinyi be yelolo ŋutɔ, gake aɖiɖivi koe wui.
254. Atsusi ƒe agbelifufu, ku mevɔna le eme o.
255. Atsusi wua amea na woyɔna nɛ.
256. Atukpa meɖua ɣe le kpe dzi o.
257. Aʋa si Kleve mesea Tsiame tuna o.
258. Aʋako be vi tɔ wɔwɔ na ye tae ne yetsi la yenyɔa fu le ye ɖokui ŋu.
259. Aʋako mekua amegã o.
260. Aʋako metsɔa koklovi wotsɔa koklozi danɛ o.
261. Aʋatso adre ye ƒoa ƒu wɔa nyateƒe ɖeka.
262. Avɔ ƒoɖi nyo wu avɔ vuvu.
[Ne wonyae ko la agawɔ eƒe dɔ pɛpɛpɛ.]
263. Avɔ kuɖi nyo wu asikplakɔ.
[Avɔ kuɖi gɔmee nye avɔ ƒoɖi.]
264. Avɔ nɔ ame ƒe nyo wu tre.
265. Avɔ nyo, avɔtɔ menyo o.
266. Ave dodo teƒe mesea dzogbe zuna o.
267. Ave matsɔamegbɔa womeɖea ka le eme o.
268. Ave nɔ tò gbɔ medzea tò ŋu o.
269. Avedodo teƒe mesea dzogbe zuna o.
270. Avegbɔ̃e be mele lolome o, tsi vivi me wòle.
[Wogayɔa avegbɔ̃e be avugbɔ̃e. Togbɔ be avegbɔ̃e melolo boo o hã la, adelawo tia eyome fũu wu ale si wotia etɔ lãwo abe sẽ kple tòwo ene yome ɖe eƒe vivi ta. Esia ŋue wolé ŋku ɖo bu abe sia. Enye nufiame be medze be woadzidze ame ƒe ŋutete ɖe eƒe titrime ŋu o. Ame aɖewo le sue gake woƒe nuwɔƒe goglo.]
271. Avekɔe xɔameɖagbea avetsue woyɔna nɛ.
272. Avetegli menya nu o hã, nɔvia koklo si nyaa nu le aƒe me.
[Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be wòasrɔ̃ ale si wòade bubu amewo katã ŋu, eye mele be míado vlo amewo le teƒe si wotso alo ɖoƒe si wole ta o, elabe nyuiƒe le ame sia ame ŋu.]
273. Avetegli menya nu o hã, nɔvia koklo si nyaa nu le gbɔ me.
[Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be wòasrɔ̃ ale si wòade bubu amewo katã ŋu, eye mele be míado vlo amewo le teƒe si wotso alo ɖoƒe si wole ta o, elabe nyuiƒe le ame sia ame ŋu.]
274. Avi gã fafa mena aɖatsi vɔna le tago me o.
275. Avi metsoa agbleta wodzɔa dzi o.
276. Avifafa le adzɔge medzea tsyɔ̃tɔ ŋu o.
277. Aʋlesikpui be yeda ta ɖe ku ƒe agbo dzi gake yegã.
[Aʋlesikpui nye xevi sue aɖe si wɔa atɔ kple koklofu kple nu bɔbɔe aɖewo ɖe kpeto me kple xɔ ƒe bedzame le aƒe m. Eɖaa azi le afi mawo, ƒoa vi wotsina wòkplɔna dzonɛ gake ame aɖeke mekpɔnɛ lénɛ o. Ke xe bubuwo ya yia gbedadaƒo ʋĩ ɖawɔa atɔ ɖe bebeme, le ati gãwo tame le aŋgbawo dome gake ɖeko amegbetɔ kpɔa wo léna. Esiae wokpɔ kpa nya sia de nu na aʋlesikpui.]
278. Avu be koklo metsɔa ƒu wòvea ye o.
279. Avu ɖigbɔ̃e dzia adevu.
280. Avu ɖua avutɔ.
281. Avu ɖuƒu meɖua ga o.
282. Avu lénu meléa dzata o.
283. Avu medzia vi le asi dome o.
284. Avu meléa atiglinyi na ame o.
285. Avu mewóna dzro o.
286. Avugbɔ̃e be ame ɖeka mexaa ko o, ne yeha ko la, yenyana be adela aɖe hã le gbea me.
[Mehana o gɔmee nye mexaa ko o. Avugbɔ̃e be ame ɖeka mehena o, ne yeha ko la, yenyana be adela aɖe hã le gbea me.Wokpɔ esia le avegbɔ̃e ƒe haha me. Nenye be avegbɔ̃e ha la, etsona, tsaa mo, tsaa mo, heƒua du. Esia hã nye nuxlɔ̃ame ɖe ŋudzɔnɔnɔ ŋu.]
287. Avugbɔ̃e be mele lolo me o, tsi vivi mee wòle.
288. Avulélae xɔa kɔ.
289. Avulénu meléa dzata o.
290. Avumatsoɖola, ɖe wòtɔa asi akɔ kekeke.
[Nufiame si le lododo sia me na amegbetɔe nye be mele be woanɔ adegbe ƒuƒlu ƒom o. Wozãa lododo sia wofiana be ame nye ame ɖɔe, vɔvɔ̃nɔtɔ, numeɖila alo numevivitɔ.]
291. Awusa ɖevi medoa tsitsia ƒe awu o.
[Nufiame si le lododo sia mee nye be ele be amegbetɔ nakpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòate ŋu awɔ la ŋu, ke menye wòati nu siwo ava gblẽ nu le eŋu la yome o. Zi geɖe wodoa lo sia ne ame wɔ nane si agblẽ nu le eŋu vɔ la megbe.]
292. Aya mabu woabia akagã o.
[Aya kee wogayɔna be ayiɖa.]
293. Ba dzie tsi nɔna.
294. Ba dzie tsi xana ɖo.
295. Baba be afi ka wò nyonyo le?
296. Bafa medoa kalẽha ɖa o.
297. Bɔ be ŋutsu medoa ɣli le xɔ me o.
[Lododo sia nye nufiame na amegbetɔ be mele be ame nawɔ kalẽ le eƒemetɔwo dzi evɔ wòahanɔ vɔvɔ̃m na gotatɔwo ya o.]
298. Bɔblɔ nyo wu ku.
[Bɔblɔ gɔmee nye kuɖiɖi.]
299. Bɔlu taŋeŋe la ame ŋutɔe nyaa eɖoɖo, wolɔnɛ nɛ.
[Lododo sia le dzi dem ƒo na amegbetɔ be wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu si le esi la ŋu. Egafia hã be ame nade asixɔxɔ nu siwo ɖi nu maɖinuiwo la ŋu ahado boblo wo. Vidadawo hã gblɔa nya sia tsɔ dea dzi ƒo na wo vi nyɔnu madzetugbewo be woadzra ɖo wo ɖokuiwo ɖo nyuie ale be woakpɔ ŋutsu aɖe.]
300. Be mevɔna le bedo me o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top