EƲE LODODOWO AKPA 8

Avugbɔ̃e aɖe le ave me.
Dzata le gbe me hã ahlɔ̃e tsina

351. Ðo maɖiama nyo wu aɖadza.
352. Du aɖe me gbedea ʋuyɔvi wòzuna le du aɖe me.
353. Du aɖewo ƒe gbagbã ye nye du aɖewo ƒe tutu.
354. Du aɖewo ƒe gbegblẽe nye du aɖewo ƒe nyonyo.
355. Du ƒe lã la, du ye konɛ.
356. Du ƒe lã la, dumevie konɛ.
357. Du li la, du le ŋgɔ nɛ.
358. Dumenyo mesɔ kple aƒe o!
359. Dumenyo mesɔa aƒe o.
360. Du sia du kple eƒe koklokokoe.
361. Dumedeʋu medoa gblɔ o.
362. Dunɔƒe mesea ave zuna o.
363. Dusiwuamela, afɔvitɔ woyɔna nɛ.
364. Dutakpɔkpɔ menye dumedede o.
365. Dutsatsae nye nuteƒekpɔkpɔ.
366. Dzakpata be ɖeviwo menya ku o.
[Nenye be dzakpata mlɔ gbe te la, enɔa anyi kpoo. Woate ŋu aɖo afɔ edzi ayi gake maʋli hã o. Gake nenye be nèkpɔe fefenue hetɔ afɔe kpɔ la, aɖu wò aɖi nasi wò nàku enumake. Esia ŋue wòlé ŋku ɖo kpa nya sia. Esia nye nuxlɔ̃ame be adevu mewòna o. Gbe ko wòtena vie ko ɖua ame. Ame si nye nu tɔ la, medoa eɖokui ɖe edzi o. Ɖeko wònɔa anyi kpoo.]
367. Dzata le gbe me hã ahlɔ̃e tsina.
[Dzata le gbe me hã, lã suewo tsina. Eya ta mègatsɔ wò lolo, titri, atsudzɔdzɔ, sesẽ alo ɖoƒe si le asiwò la ɖia nɔviwò nui o.]
368. Dzɔgbenyui si le takla ŋu la, mele fie ŋu o.
[Takla nye fie alo fio ƒomevi aɖe si nya kpɔ ŋutɔ, eƒe amadede nye ɣi kple yibɔ, eye wònɔa Afrika ƒe titina, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe duwo me. Lododo sia nye nufiame be míaganɔ amewo ƒe nu kpɔm anɔ wɔwɔm tamemabumabui o. Lododo la le mía fiam be míawo ŋutɔwo míabu nuwo ŋu nyuie ahaka ɖe wo dzi hafi awɔ.]
369. Dzɔgbevɔ̃e nye kɔsɔkɔsɔ si yome dzɔgbenyui nɔna.
370. Dze mebuna le ama me o.
371. Dze meɖina fia vi yɔna o.
[Dze nye kpẽ ƒomevi aɖe si wokuna.]
372. Dze mekafua eɖokui o.
373. Dzeaʋaɖia, aʋa mesinɛ o.
374. Dzi mekua ame na ame tutɔ o.
375. Dzi sia dzi kple eƒe nuxaxa.
376. Dzigbɔɖi wotsɔ ɖea afɔkpa le fia ƒe afɔ.
377. Dzigbɔɖi wotsɔ koa anyidi kpɔa eƒe dɔkaviwo.
378. Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si.
379. Dzigbɔɖitɔe koa anyidi kpɔa eƒe dɔka.
380. Dzihadziha menya dzina na henɔ o.
381. Dzikudziku metsia adzinɔ o.
382. Dzilã medɔa akɔlɔ̃e o.
383. Dzinakie bia agblɔ be alea ko yewole nɔvia wɔ gee mahã?
384. Dzitsinya vɔ̃ɖi megahiã nutsola bubu o.
385. Dzivi meƒoa vi ƒe dɔme o.
386. Dzo ƒonu menɔ anyi wonɔa nya biam akpɛ o.
387. Dzobibi medoa ŋgɔ na dzudzɔ o.
388. Dzogbede be nɔƒenyonamee nye ɖɔɖeɖe.
389. Dzogbede be, nɔƒe nyui nɔnɔe nye ɖɔɖeɖe. [Dzogbede nye deti si le dzogbe.]
390. Dzogbede be, teƒe nyui kpɔkpɔe nye ɖɔɖeɖe.
391. Dzogbedzɔki be du ƒe nu mesea ame ŋu ɖina o, esia tae ne yeli sẽe la, yeƒua du sesĩe.
[Du ƒe nu gɔmee nye duƒuƒu ƒe nu, si fia nane nadzɔ kpata wòahiã be ame naƒu du. Wofɔ nyagbɔgblɔ sia tso dzogbedzɔki ƒe duƒuƒu dometo me. Ɣeaɖewoɣi ne ele alɔ̃ me hã la, eɖia vo nyɔna eye wòƒua du sesĩe ko. Esia nye abebubu ɖe ŋudzɔnɔnɔ ɣesiaɣi ŋu, elabena dzeaʋaɖi la, aʋa mesinɛ o.]
392. Dzogbedzɔki be dunu mesea ame ŋu ɖina o.
393. Dzogbesoli be yemeɖi gbe aɖe ne gbe aɖe naɖi ye o.
[Dzogbesoli nye gbe aɖe si nɔa tɔ to, dzeƒi kple sínyigbawo dzi. Mesɔ kple gbe bubu aɖeke o. Eƒe dzedzeme sia ŋu wolé ŋku ɖo hekpa nya sia. Wotsɔa esia ɖea amemanɔamesi fiana le ɣeyiɣi tɔxɛwo me. Enye lododo si fia be ame nanya zɔzɔ le agbe me.]
394. Dzonu si le kosi sie wòdona na via.
395. Dzoti xoxo mesea dzo léna o.
396. Dzoti xoxo mesea dzoléle o.
397. Dzotsinu menɔa ame si dzo gaƒoa ame o.
398. Dzoxɔxɔ kple fafa wonye venɔviwo.
399. Dzraʋaɖia, aʋa mesinɛ o.
400. Dzre mele ŋku kple alɔ̃ dome o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top