Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ Nye Kesinɔnu Blibo

Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ (Spring onion, oignon vert, ciboule) nye sabala ƒomevi dodzidzɔname aɖe. Nu si tae wona ŋkɔ siae nye be ne wohoe le ŋdi la, egawɔa gbemumu le fiẽ me. Sabala maxɔŋkɔ sia ƒe ʋeʋẽ si nu mesẽ ale o nana be nuɖuɖu vivina ŋutɔ.

Míakpɔ eƒe viɖe wɔnuku 20 aɖewo le nyati sia me.

Amenyinu Veviwo Bɔ Ɖe Eme

Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ nyo ŋutɔ, elabe vitamin vevi gbogbo aɖewo le eme siwo dea ame ƒe  lãmesẽ dzi. Vitamin A si nyo na ŋku ƒe nukpɔkpɔ nyuie kple ŋutigbalẽ ƒe lãmesẽmenɔnɔ le eme, vitamin Si (vitamin C), si nana be dɔlélenutsinuwo gawɔa dɔ sesĩe wu la hã le eme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vitamin K, si le vevie na ʋu ƒe sisi kple ƒu ƒe lãmesẽ hã le eme.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ la, ate ŋu ana vitamin vevi siawo nado ŋusẽ wò ŋutilã le dzɔdzɔme nu. Esia akpe ɖe ŋutilã ŋuti godoo be wòawɔ dɔ vovovowo abe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo, abiwuwu kple ŋusẽdodo ƒuwo ene.

Edoa Ŋusẽ Dɔlélenutsinuwo

 

Dɔlélenutsinuwo kpɔa wò ŋutilã ta tso dɔlékuiwo si me. Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ, si me vitamin Si (vitamin C) sɔ gbɔ ɖo la doa ŋusẽ gã aɖe wò dɔlélenutsinuwo. Ekpɔa wò ametia ta. Vitamin Si nana be ʋumenu ɣiwo dzina ɖe edzi le ʋu me, eye esiawo hiã vevie le avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo me. Lãmenutakpɔnuwo hã bɔ ɖe agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me taŋtaŋ, eye esia hã kpɔa ŋutilã ta tso dɔlélewo si me.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me gbe sia gbe la, ate ŋu akpe ɖe wò ŋutilã ŋu wòawɔ avu kple kpeƒoame, ŋudza, asrãdɔ alo atikesi kple bubuawo.

Ekpɔa Ame Ta Tso Dzidɔ Si Me

 

Dzidɔ nye dɔ siwo wua ame le xexea me wu dometɔ ɖeka. Dzidzɔtɔe la, asitɔtrɔ vi aɖe le wò nuɖuɖu ŋuti, abe agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ɖuɖu ene, ate ŋu akpɔ tawò ale gbegbe tso dzidɔ si me. Lãmenutakpɔnuwo kple woemi si wogayɔna be sɔlfɔ (sulphur), le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me siwo nana be ame ƒe dzi nɔa lãmesẽ me. Esia ɖea ʋumemi gbegblẽ (kolesterol) ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔna, exea mɔ na ʋukawo ƒe sesẽ, eye wòɖea ʋusisi akpa dzi kpɔtɔna.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me la, ate ŋu ana wò dzi kple ʋukawo nawɔ dɔ nyuie. Esia awɔe be nànɔ lãmesẽ me.

Enana Be Nuɖuɖu Wɔa Dɔ Nyuie

 

Ehiã vevie be nuɖuɖu nawɔ dɔ le dɔme nyuie hafi míate ŋu anɔ lãmesẽ me. Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me. Atsa alo atsakitsi aɖe le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me si nana be nuɖuɖu wɔa dɔ le dɔ me nyuie eye wòxea mɔ na atsidɔdɔ.

Eya ta agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ sia ɖuɖu edziedzi ate ŋu ana be nuɖuɖu nawɔ dɔ le dɔ me nyuie eye wòaxe mɔ na atsidɔdɔ alo dɔmexexe. Esia ade wò lãmesẽ dzi ŋutɔ.

Exea Mɔ Na Tete

 

Ne ame xɔ abi alo dɔlékui ge ɖe ŋutilã ƒe akpa aɖe la, teƒea tena. Gake nenye be tetea tsi anyi eteƒe didi la, esia ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋuti vevie. Ate ŋu ana be ame naxɔ dzidzɔ, kpeƒeveamedɔ alo suklidɔ. Woemi si le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me la ate ŋu atsi tete kple vevesese nu. Sabala sia ate ŋu atsi tete ƒomevi vovovo siwo ate ŋu aɖe fu na ŋutilã la nu.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ edziedzi la, ate ŋu aɖe tete dzi kpɔtɔ ahakpɔ tawò tso lãmesẽkuxi siwo nɔa anyi ɖaa la si me.

Enana Be Sukli Mesɔa Gbɔ Le Ʋu Me Na Ame O

 

Ele vevie be sukli ƒe agbɔsɔsɔ si le ʋu me na ame la nasɔ nyuie ɣeawokatãɣi. Esia le vevie ŋutɔ le ame siwo le suklidɔ lém kple ame siwo ate ŋu alée bɔbɔe la gome. Atsa si le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me wɔa akpa vevi aɖe le esia gome. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, numekuku aɖewo ɖee fia be sabala ƒomevi sia nana be lãmetsi si woyɔna be insulin wɔa dɔ nyuie le ʋu me.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me la, aɖe sukli ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔ le wò ʋu me. Sabala ƒomevi sia zazã tea ŋu kpena ɖe ŋutilã la ŋu wòléa suklidɔ nu.

Enana Be Ŋusẽ Nɔa Ƒuwo Ŋu

 

Ƒu sesẽwo hiã vevie be míanɔ lãmesẽ me ahanɔ míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm. Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ate ŋu ana be ŋusẽ nanɔ ƒuwo ŋu. Vitamin K sɔ gbɔ ɖe eme fũu, esia nana be ƒuwo sesẽna. Amenyinu sia hekpe ɖe Kalsiɔm (calcium) si hã le eme la ŋu nana be ƒuwo sesẽna, eye wòxea mɔ na ƒuwo ƒe ŋeŋe.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ edziedzi la, ana wò ƒuwo nanɔ lãmesẽ me. Awɔe hã be manɔ bɔbɔe be ƒumeŋuɖui kple etɔgbiwo naɖe fu na wò o.

Eɖea Kpekpe Alo Lolo Dzi Kpɔtɔ

 

Ne èdi be yeaɖe lolo alo kpekpe dzi kpɔtɔ la, anyo be nànɔ agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ŋu dɔ wɔm. Lãmedzodonu alo kalori (calorie) mesɔ gbɔ ɖe eme o, evɔ atsa alo atsakitsi ya sɔ gbɔ ɖe eme ŋutɔ. Esia wɔnɛ be dɔ mewua ame kaba o. Esia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be maɖu nu fũu alo anɔ nu kluikluikluiwo ɖum o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lãmenu si woyɔna be kromium (chromium) si le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me ate ŋu ana be nuɖuɖu nanɔ dɔ wɔm nyuie le wò dɔme. Eye esia awɔe be wò ŋutilã nanɔ lãmedzodonuawo zãm nyuie.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ la, ate ŋu aɖe wò kpekpeme dzi aɖe kpɔtɔ eye anɔ lãmesẽ me.

Enaa Ŋkuwo Nɔa Lãmesẽ Me

 

Nukpɔkpɔ nyuie le vevie ŋutɔ be nàte ŋu ayi edzi anɔ ɖokuiwò si, vevietɔ ne ètsi xɔ ƒe geɖe. Vitamin A le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me, ekpɔa ŋku ta ale be nu magagblẽ le eŋuti o, eye ate ŋu axe mɔ na ŋkugbagbã le tsitsime hã.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ edziedzi la, àte ŋu akpɔ nunyiame siwo wò ŋkuwo hiã be woanɔ lãmesẽ me ahawɔ dɔ nyuie.

Eɖea Kansa Ƒe Afɔku Dzi Kpɔtɔ

 

Dɔléle aɖe si ɖia vɔvɔ̃ na ame geɖe egbea lae nye kansa. Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ate ŋu ana be dɔ sia malé wò bɔbɔe o. Lãmekpoxɔnu (antioxidant) kple woemi le eme, eye esia ate ŋu akpɔ tawò tso kansa si me. Numekukuwo ɖee fia be lãmenu siawo tea ŋu xea mɔ na dɔmekansa kple dzitodzitomekansa.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me la, ana nunyiame siwo kpɔa ŋutilã ta la nanɔ lãme na wò. eye wòaɖe kansa ƒe afɔkua dzi kpɔtɔ.

Enana Gbɔgbɔ Sua Ame

 

Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòanɔ gbɔgbɔm nyuie, vevietɔ ame siwo gbɔxi kple gbɔgbɔmasuame ƒe kuxi bubuwo ɖea fu na. Tetenutsitsi ƒe ŋutete si le sabala sia si ate ŋu ana yatoƒe siwo le lãme navo, eye esia awɔe be ame nanɔ gbɔgbɔm nyuie. Ame aɖewo kpɔe hã be eɖea kpeƒoame, ŋɔtimexexe kple vemebi dzi kpɔtɔ.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me la, ate ŋu ana nànɔ gbɔgbɔm nyuie.

Enana Be Ŋutigbalẽ Nɔa Lãmesẽ Me

 

Wò ŋutigbalẽ nye ŋutinu vevi aɖe. Eya ta ele vevie be nàkpɔ eta wòanɔ dedie. Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ yɔ fũu kple vitamin kple lãmenutakpɔnu siwo nana be ŋutigbalẽ nɔa dedie henɔa dzo dam. Vitamin Si (C) nana be ŋutilã wɔa koladzen (collagen) si nana ŋutigbalẽ nɔa dedie henɔa lãmesẽ me. Esia ɖea ayiléle dzi kpɔtɔ. Lãmenutakpɔnu siwo le sabala sia me hã kpɔa ŋutigbalẽ ta tso ŋdɔ ƒe dzoxɔxɔ kple yame ƒe ɖiƒoƒo ƒe nugbegblẽ le ame ŋuti si me.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ edziedzi la, ate ŋu awɔe be wò ŋutigbalẽ nayi edzi anɔ mlɔmlɔmlɔ abe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo tɔ ene.

Enana Be Nuɖuɖu Wɔa Dɔ Nyuie

 

Ne nuɖuɖu wɔa dɔ nyuie le míaƒe lãme ko hafi ŋusẽ anɔ mía ŋu eye míaƒe lolome alo kpekpeme anɔ ɖoɖo nyui nu. Kromium (chromium) si le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me nana be nuɖuɖu wɔa dɔ nyuie le lãme. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋutilã la ŋu wòazã lãmedzodonuwo nyuie wu eye ate ŋu awɔe be wò lolo dzi naɖe kpɔtɔ.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ la, ana nuɖuɖu nawɔ dɔ le wò lãme nyuie, ŋusẽ anɔ ŋuwò ɣesiaɣi, eye agbe anɔ mewò.

Eɖua Kpeƒoame Vovovowo Dzi

 

Ne ènɔa nyenyem la, agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Dɔlékuiwunuwo le eme siwo kpea wɔɖi, kpeƒoame kple dzeamezã dzi. Vitamin Si le eme si doa ŋusẽ wò dɔlélenutsiŋutete, eye wònana be wò ŋutilã tea ŋu nɔa te ɖe dɔlékuiwo nu.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ la, àte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta tso wɔɖi, kpeƒoame kple dzeamezã si me.

Enana Be Ʋu Sina Le Lãme Nyuie

 

Ele be ʋu nanɔ sisim le míaƒe lãme nyuie hafi míate ŋu anɔ lãmesẽ me, elabe eyae tsɔa ɔksidzen kple nunyiamewo yina na ŋutinuwo. Sɔlfɔ si le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me nana be ʋu sina nyuie le lãme. Ewɔnɛ hã be ʋua meblana kpeɖii le ʋukawo me o. Esia ate ŋu akpɔ ame ta tso dzidɔ kple ʋusisidɔwo si me.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me la, ate ŋu ana be wò ʋu nayi edzi anɔ sisim nyuie. Ade wò lãmesẽ dzi ŋutɔ.

Eɖea Ɖinuwo Le Lãme

 

Ɖinuwo ɖeɖe le lãme le vevie be ame nanɔ lãmesẽ me. Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ tea ŋu ɖea ɖinuwo kple aɖinuwo le lãme, ekpena ɖe míaƒe aklã ŋu wòwɔa eƒe dɔ nyuie ŋutɔ. Ekpena ɖe aklã ŋu wòɖea ɖinuwo le lãme nyuie.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ edziedzi la, ate ŋu akpe ɖe wò aklã ŋu wòawɔ eƒe dɔ si nye ɖinuwo ɖeɖe le lãme la nyuie.

Enana Be Nu Me Meʋẽna Na Ame O

 

Ne míeléa be na míaƒe nu me hafi ko míaƒe nyedewo alo aɖulãwo kple aɖuwo nanɔ lãmesẽ me, eye míaƒe nu me manɔ ʋeʋẽm o. Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ mumu ɖuɖu ate ŋu awu dɔlékuiwo le wò nu me. Ana hã be wò nu me manɔ ʋeʋẽm alo wò nyedewo nagblẽ o. Enana hã be aɖumi menɔa aɖu ŋuti na ame o.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ la, àte ŋu ana be wò nu me, nyedewo kple aɖuwo nanɔ lãmesẽ.

Enana Be Ɖa Tsina

 

Ame geɖe tsia dzi ɖe ɖavɔletaname ŋuti, gake sabala sia ate ŋu ana be ŋusẽ naɖo wò ɖa ŋu, eye womanɔ dudum ahayi vɔvɔ ge le ta na wò o. Koladzen gawɔa akpa vevi aɖe le go sia hã me. Enana be ŋusẽ nɔa ɖa la ŋuti. Sɔlfɔ hã wɔnɛ be ɖa la megbɔdzɔna henɔa ŋeŋem o. Esia awɔe be kpekpe naɖo wò taɖa ŋu.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me la, ana be wò ɖa nanɔ dedie, atsi nyuie eye manɔ ŋeŋem alo avɔ le ta na wò o.

Eɖea Ʋusɔgbɔ Dzi Kpɔtɔ

 

Dɔléle vɔ̃ɖi aɖee ʋusɔgbɔdɔ alo ʋusisi akpa nye, elabe ate ŋu ana ame naxɔ dzidɔ alo ame naxɔ gbagbadɔ alo tutudɔ. Potasiɔm (potassium) si nana be tsinuwo kple ʋusisi nɔa ɖoɖo nu le lãme na ame la le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me. Potasiɔm nana ʋukawo me ʋuna nyuie, eye esia nana be ʋu tea ŋu sina to wo me nyuie.

Ne èɖua agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ edziedzi la, ate ŋu ana wò ʋu nasi le ɖoɖo nu, eye wòakpɔ tawò tso dzidɔ ƒomevi vovovowo si me.

Ewua Dɔlékuiwo Le Dzɔdzɔme Nu

 

Sɔlfɔ si le agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ me nana be wòtea ŋu wua dɔlékuiwo le lãme. Edoa ŋusẽ wò ŋutilã wòwɔa avu kple dɔlékuiwo. Wotsɔa agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ ɖoa abi ƒe alafa geɖewoe nye esia.

Ne èdea agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ wò nuɖuɖu me la, ate ŋu akpɔ tawò tso dɔlékuiwo si me. Eye ne èxɔ abi alo dze dɔ la, àhaya kaba.

Kesinɔnu Bliboe Agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ Nye

 

Menye detsiƒonu dzro koe agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ nye o, nunyiamewo kple ŋutilãtuɖonuwo xɔƒe boŋue wònye. Edoa ŋusẽ wò dɔlélenutsiŋutete, ekpɔa tawò tso dzidɔ si me. Enana hã be nuɖuɖu wɔa dɔ le lãme na wò nyuie.

Ɛ̃e, ate ŋu ana wò kpekpeme alo lolome dzi naɖe kpɔtɔ, wò ŋutigbalẽ nanyo ɖe edzi eye nànɔ gbɔgbɔm nyuie. Ne èzãa sabala sia zi geɖe la, àse vivi na nuɖuɖu eye ade wò lãmesẽ hã dzi.

Eya ta ne ègabe yeawɔ salada, aƒo detsi, aɖa mɔlu alo aɖa nu bubu aɖe la, ɖo ŋku edzi nàde agbletɔxɔŋdimaxɔfiẽ eme. Wò ŋutilã mada akpe na wò avɔ ɖe esia ta o!

Nyatsoƒewo:

https://bebodywise.com/blog/spring-onion-benefits/

https://www.howtoripe.com/health-benefits-of-spring-onions-side-effects/

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top