Anyidi Kple Bɔtri

Anyidi kple bɔtri

Mise gli loo!
Gli neva!
Gli dzo kakaka va dze anyidi si wogayɔna be aɖiɖi dzi.
Edze edzi.
Edze bɔtri si wogayɔna be bɔe dzi.
Edze edzi.

Aɖiɖi kple bɔtri wonye xɔlɔ̃ veviwo.
Bɔtri mewɔa dɔ aɖeke o eye medzraa nuɖuɖu aɖeke ɖo le dzomeŋɔli o. Gake anyidi ya wɔa dɔ sesẽ eye wòdzraa nuɖuɖu ɖi le dzomeŋɔli. Gbe ɖeka bɔtri va anyidi gbɔ gblɔ nɛ bena: “Na nuɖuɖu vi aɖem.”
Anyidi biae bena: “Nu ka nèwɔ le dzomeŋɔli bliboa?”
Bɔtri ɖo eŋu nɛ bena: “Hae medzi.”
Anyidi yi edzi gblɔ nɛ bena: “Hae nèdzi le dzomeŋɔli le esime nye ya mele dɔ wɔm! Esia ta ele na wò be nàɖu ɣe azɔ.”
Ale wɔ anyidi la mena nanekee o.
Aɖiɖi kple bɔtri ƒe ŋutinya sia le mía fiam be ele be míawɔ dɔ eye míaganye kuviatɔwo o.

error: Mɔɖeɖe meli o !!
Scroll to Top